Mark 1:2-8

2Abe ale si woŋlɔe ɖi le Yesaya ƒe agbalẽ me ene be, “Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò be wòadzra wò mɔ la ɖo, 3ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe nɛ.’” 4Yohanes Mawutsidetanamelae nye dɔla sia. Enɔ gbedzi eye wòfia amewo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woade mawutsi ta na wo abe nugbegbe le woƒe nu vɔ̃wo gbɔ ƒe dzesi ene. Ena wonya be ne wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye wode mawutsi ta na wo la, Mawu atsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. 5Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutowo me yi gbea dzi, be yewoakpɔ Yohanes eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisia me. 6Wotɔ awu si Yohanes do la kple kposɔfu eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka bla awua dzii. Eƒe nuɖuɖu koe nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.

7Egblɔ na eƒe nyaselawo be, “Ame aɖe gbɔna kpui esi de ŋgɔ wum sãa. Amea deŋgɔ ale gbegbe be nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe atokota ŋu ka gɔ̃ hã o. 8Nye la tsi koe metsɔ de mawutsi ta na mii gake eya ade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!”

Copyright information for EweBEE